John 16

Yesu ƒe kaklãnyawo ƒe nuwuwu

1“Megblɔ nya siawo katã na mi bena ne miedo go nu dziŋɔ siwo le mia ŋgɔ la, ke megaɖe le mia te o. 2Ŋkekewo li gbɔna esi woaɖe mi le woƒe hame eye ne wowu mi hã la, woabu be Mawu ƒe dɔ wɔm yewole. 3Woawɔ esiawo elabena womedze sim alo Fofo la o. 4Le nyateƒe me la, ɖe mele nya siawo gblɔm na mi be mianɔ klalo eye ne ɣeyiɣia ɖo la, miaɖo ŋku edzi be mena mienya do ŋgɔ. Nyemegblɔ nya siawo na mi tsã o, elabena menya be manɔ mia gbɔ vie.

Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe dɔwɔwɔ

5“Azɔ medzo yina ame si dɔm ɖa la gbɔ, gake mia dometɔ aɖeke mebia afi si meyina ta se o. 6Ke esi megblɔe na mi la, miaƒe dziwo yɔ fũ kple nuxaxa. 7Enye nyateƒe be ne medzo le mia gbɔ la enyo wu, elabena ne nyemedzo o la, Akɔfala hã mava o. Ke ne medzo la, Ame sia ava, elabena maɖoe ɖe mi.

8“Ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va la, atɔ asi xexe sia me tɔwo ƒe nu vɔ̃wo dzi na wo. Hekpe ɖe esia ŋu la, aɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ afia. 9Xexe sia me tɔwo ƒe nu vɔ̃enye be womexɔ dzinye se o. 10Le dzɔdzɔenyenye ŋuti la, meyina Fofo la gbɔ eye miagakpɔm o. 11Eye le ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti la, wodrɔ̃ ʋɔnu xexe sia me fia la xoxo.

12“Nya geɖe ŋutɔ le asinye be magblɔ na mi gake miate ŋu ase wo gɔme fifia o. 13Ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe si nye nyateƒe Gbɔgbɔ va la, ana miaŋɔ ɖe nyateƒe la me, elabena, magblɔ nya si dze eya ŋutɔ ŋu o, ke boŋ aƒo nu na mi tso nya siwo wòse la ko ŋu, eye agblɔ nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge la na mi. 14Gbɔgbɔ Kɔkɔe la aɖe nye ŋutikɔkɔe afia elabena nu siwo katã wòagblɔ na mi la atso gbɔnye. 15Nu siwo katã le Fofonye si la tɔnyee esia tae megblɔ na mi be nu si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la agblɔ na mi la atso gbɔnye.

Nusrɔ̃lawo ƒe nuxaxa atrɔ azu dzidzɔ

16“Esusɔ vie miagakpɔm o eye esusɔ vie miagakpɔm.” 17Eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ aɖewo bia wo nɔewo bena, “Nu ka tututu gblɔm wòle? Egblɔ be, ‘Esusɔ vie miagakpɔm o’ eye ‘esusɔ vie miagakpɔm’. Egagblɔ hã be, ‘Meyina Fofo la gbɔ.’ 18‘Esusɔ vie sia gɔme ɖe?’ Míese nu siwo katã gblɔm wòle la gɔme o.”

19Yesu nya be nusrɔ̃lawo di be yewoabia nya siwo yegblɔ la gɔme, eya ta egblɔ be, “Nya siwo megblɔ la gɔme biam miele mia nɔewoa? 20Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, miaxa nu eye miafa avi ke xexeame ya akpɔ dzidzɔ, mialé blanui ke esia atrɔ azu dzidzɔ na mi. 21Ne nyɔnu le ku lém la, esea veve ale gbegbe, gake ne edzi vi ko la, eŋlɔa vevesesea be enumake eye wòkpɔa dzidzɔ be yedzi ame ɖe xexeame. 22Nenema ke wòle na miawo hã fifia, miele konyi fam, gake ne megatrɔ va mia gbɔ la miakpɔ dzidzɔ gã aɖe, eye ame aɖeke mate ŋu axe mɔ na miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ o. 23Le ŋkeke mawo me la, miagabia nanekem o, elabena miate ŋu abia nu sia nu Fofo la faa, eye ne miebiae le nye ŋkɔ dzi ko la, ana mi. 24Va se ɖe fifi la miebia naneke le nye ŋkɔ dzi kpɔ o. Ke azɔ la miadze egɔme. Mibia nu Fofo la le nye ŋkɔ dzi, ekema ana mi eye miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ hã agbã go.

Meɖu xexeame dzi

25“Meƒo nu tso nu siawo ŋu na mi to alobalowo me, ke ɣeyiɣi li gbɔna esi nyemagawɔ esia o, ke boŋ maƒo nu na mi faa tso Fofo la ŋu. 26Le ŋkeke mawo me la, magahiã be maɖe kuku ɖe mia nu o, ke boŋ ne miebia nane Fofo la le nye ŋkɔ dzi la, 27ana mi, elabena mielɔ̃m eye miexɔe se bena Fofo lae dɔm ɖa. Le esia ta Fofo la hã lɔ̃ mi vevie. 28Fofo la gbɔe metso va xexe sia me eye Fofo la gbɔ magatrɔ ayi.”

29Nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ be, “Azɔ ko nèle nu ƒom na mi faa, ke menye to alobalowo me o. 30Azɔ la mienyae bena ènya nu sia nu eye megahiã be ame aɖeke naɖe naneke gɔme na wò o. Miexɔe se tso azɔ dzi yina be Mawue dɔ wò ɖa.”

31Yesu bia wo be, “Miexɔe se azɔa? 32Mikpɔ ɖa, gaƒoƒo aɖe li gbɔna eye eva ɖo gɔ̃ hã xoxo, bena woade zi mia dome eye miaka ahlẽ, ame sia ame aɖo ta eya ŋutɔ ƒe aƒeme, eye miagblẽm ɖi. Gake nyematsi akogo o, elabena Fofo la li kplim. 33Megblɔ nu siawo katã na mi be miaƒe dzi nadze eme. Tetekpɔ kple konyifafa geɖewo ava mia dzi, gake mele egblɔm na mi be, milé dzi ɖe ƒo, elabena meɖu xexe sia me ƒe fuwo katã dzi.”

Copyright information for EweBEE